Mark 14:53-65

Le Sanhedrin la ŋkume

(Mateo 26:57-68; Luka 22:54-55, 63-71; Yohanes 18:13-14, 8:19-24)

53Wokplɔ Yesu yi Osɔfogã ƒeme afi si osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi ɖi le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. 54Petro nɔ adzɔge ʋĩ le Yesu yome. Esi wòva ɖo Osɔfogã la ƒeme la, eto nuxa dzaa ge ɖe aƒea me eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe subɔvi siwo do dzo nɔ ƒuƒum la dome kpoo. 55Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo nɔ nutsotso aɖewo dim le Yesu ŋu be yewoatsɔ abu fɔe eye yewoatso kufia nɛ. Gake womete ŋu kpɔ nutsotso aɖeke o. 56Amegeɖewo va ɖi alakpaɖasewo gake nya siwo katã wogblɔ la mesɔ o. Ame sia ame ƒe ɖaseɖiɖi to vovo tso nɔvia tɔ gbɔ.

57Mlɔeba la, ame aɖewo da alakpa ɖe esi be, 58“Míese wògblɔ be; ‘Magbã gbedoxɔ sia si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’” 59Togbɔ be wogblɔ alea hã amewo ƒe nutsotsowo to vovo ake.

60Mlɔeba la, Osɔfogã tsi tre bia Yesu le ʋɔnua ŋkume be, “Ɖe nèle gbegbem be yemaɖo nutsotso gbogbo siwo wotsɔ ɖe ŋuwò la ƒe ɖeke ŋu oa? Nya aɖeke mele asiwo natsɔ aʋli ɖokuiwò tae oa?”

61Yesu meke nu o, ke boŋ ezi kpi kpoo. Osɔfogã la gabiae be, “Wòe nye Mesia, si nye Yayratɔ la Via?” 62Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔvi la, wòanɔ anyi ɖe Ŋusekatãtɔ la ƒe nudusime eye wòanɔ alilĩkpowo dzi atso dziƒo ava.”

63Ŋuɖoɖo sia do dziku na Osɔfogã la ale gbegbe be wòdze eƒe awu si wòdo la hegblɔ be; “Ɖe wòhia be míagadi ɖasefowo ɖe eŋua? 64Gbeɖe, miekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ. Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso?” Wo katã wodo ɣli gblɔ be “Edze na ku.”

65Azɔ ame aɖewo tu ta ɖe mo nɛ ƒia, ɖewo tsɔ nu bla mo nɛ eye ɖewo hã tu kɔe sesĩe hegblɔ be, “Gblɔ nya ɖi. Ame kae ƒo wò?” Eŋudzɔlawo hã ƒoe.

Copyright information for EweBEE